5 Ke esi Yehowa va kpɔ dua kple mɔ si tum amegbetɔviwo nɔ la, 6 egblɔ be, "Ne woate ŋu awɔ nu siawo katã fifia, esi wònye azɔ koe wodze sii be gbe ɖeka gblɔm yewole, eye dukɔ ɖeka yewonye la, mibu nu si woava wɔ emegbe la ŋu kpɔ! Naneke meli si woado kpo wɔwɔ o. 7 Mina míaɖi ayi anyigba dzi, eye míatɔtɔ woƒe gbe ale be womagase wo nɔewo gɔme o!"
8 Ale Yehowa ka wo katã hlẽ ɖe anyigba blibo la dzi. Ale du la tsotso nu tso. 9 Eya ta wona ŋkɔ du ma be Babel si gɔmee nye, "Tɔtɔ," elabena afi ma Yehowa tɔtɔ gbe na amewo le, eye wokaka ɖe afi sia afi le anyigba blibo la dzi.