8 Le esia ta Abram gblɔ na Lot be, "Ele be dzre si dzɔna enuenu ɖe míaƒe amewo dome la nu natso. Mele be memama nanɔ míaƒe ƒomewo dome o. Ele be ɖekawɔwɔ nanɔ mí ame siwo nye ƒometɔwo la dome boŋ. 9 Tia anyigba la ƒe akpa si dze ŋuwò la, eye míaklã mɔ. Ne ètia ɣedzeƒe lɔƒo la, ekema manɔ afi sia si nye ɣetoɖoƒe gome. Alo ne ètia ɣetoɖoƒe lɔƒo la, ekema mayi ɣedzeƒe lɔƒo."
Publicidade