Pular para o conteúdo
Publicidade

Gênesis 16

Hagai zu Abram srɔ̃ evelia

1 Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar. 2 Ale Sarai gblɔ na Abram be, "Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi."

Abram ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi. 3 Ale esi Abram Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a. 4 Ale Abram Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o.

5 Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, "vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na . Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli dome."

6 Abram ɖo eŋu be, "Meɖe na be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze." Ale Sarai funyafunya Hagar ale gbegbe be wòsi dzo. 7 Yehowa ƒe dɔla aɖe kpɔe wòtsi tsitre ɖe vudo aɖe to le Sur dzi.

8 Ale wòbiae be, "Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?"

Hagar ɖo eŋu be, "Sisim mele le nye aƒenɔ nu."

9 Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ be, "Trɔ nàyi aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò , 10 elabena mana dukɔ aɖe nado tso mewò. 11 Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, Mawu see,elabena Yehowa se konyifafa. 12 Viwò sia anye vi dzeaglã aɖe, eye wòawɔ nu glalaglalã abe tedzi dzeaglã ene! Atsi tsitre ɖe ame sia ame ŋu, eye nenema ke ame sia ame atsi tsitre ɖe eŋu. Ke la, anɔ teƒe ɖeka kple nɔvia bubuawo."

13 Hagar bia eɖokui be, "Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?" Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, "Mawu si kpɔa nu."

14 Emegbe la, wona ŋkɔ vudo ma be Beer Lahai Roi si gɔmee nye, "Ame si le agbe, eye wòkpɔm la ƒe vudo." Ele Kades kple Bered dome.

15 Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram na ŋkɔe be Ismael. 16 Abram ƒe blaenyi-vɔ-ade esi Hagar dzi Ismael .

Veja também