Publicidade

Gênesis 18

Abraham kple amedzro etɔ̃awo

1 Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham ati gãwo te le Mamre. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me dzo la, Abraham eƒe agbadɔ ƒe mɔnu. 2 Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye wòdo dzaa na wo.

3 Egblɔ be, "Ne miave nunye la, nye aƒetɔ, ekema migato miaƒe dɔla ŋu yi o. 4 Mina woaku tsi vi aɖe miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te, 5 eye madi nane na mi miaɖu be wòado ŋusẽ mi. Mitɔ vie hafi miagayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi." Amedzroawo ɖo eŋu be, "Enyo; abe ale si nègblɔ ene." 6 Abraham ƒu du yi eƒe agbadɔ me, eye wògblɔ na Sara be, "Netsɔ! tatalĩ! nyuitɔ, eye nàtɔ tatalia wòasu na wo ame etɔ̃!" 7 Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake. 8 Eteƒe medidi o, etsɔ notsi babla kple notsi tsitɔ kple nyilã meme ɖo akɔme na wo. Enɔ atiawo te le amedzroawo gbɔ esime wonɔ nua ɖum.

9 Wobiae be, "Afi ka srɔ̃, Sara le?"

Abraham ɖo eŋu be, "Ele agbadɔ me."

10 Wo dometɔ ɖeka gblɔ be, "Yehowa gblɔ be, Le ƒe si gbɔna me la, srɔ̃Sara adzi ŋutsuvi’ " Sara agbadɔ me le Abraham megbe nya siawo sem. 11 Azɔ la, Abraham kple Sara tsi ŋutɔ, eye Sara ƒe vidziɣi va yi xoxoxo.

12 Nu sia na Sara ko nu le ta me, eye wògblɔ na eɖokui be, "Nyɔnu tsitsi abe nye ene nagadzi vi kple srɔ̃nye tsitsi sia?"

13 Yehowa gblɔ na Abraham be, "Nu ka ta Sara ko nu ɖo? Nu ka ta wògblɔ be, Ɖe nyɔnu tsitsi abe nye ene ate ŋu adzi via?14 Ɖe nane sesẽ akpa na Yehowa? Le ƒe si gbɔna me, abe ale si megblɔ na xoxo ene la, Sara adzi ŋutsuvi."

15 Ke Sara da alakpa be, "Nyemeko nu o," elabena evɔ̃.

Ke egblɔ be, "O! Èko nu."

Wogblɔ Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃ ɖi

16 Le esia megbe la, ameawo dze ɖo ta Sodom, eye Abraham dze wo yome ɖaɖo wo ɖa.

17 Yehowa gblɔ le eɖokui me be, "Ɖe maɣla nye ɖoɖowo ɖe Abraham mahã? 18 Eyae azu dukɔ aɖe, eye wòahe yayra na dukɔwo katã le anyigba dzi. 19 Kpe ɖe esia ŋu la, metiae be eƒe dzidzimeviwo nanye mawuvɔ̃lawo, ame siwo anye ame dzɔdzɔewo kple nuteƒewɔlawo, ale be mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋugbe medo la."

20 Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, "Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu ̃ɖi. 21 Mele teƒe mawo yim be manya ne nya siawo nye nyateƒe alo aʋatso. Ekema manya nu si mawɔ." 22 Ameawo trɔ ɖo ta Sodom, ke Abraham ya ɖe Yehowa ŋkume. 23 Tete Abraham te ɖe eŋu hebiae be, "Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame ̃ɖiwo ŋua? 24 Ne àkpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le dua me ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la, eye màkpɔ nublanui le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃awo ta oa? 25 Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?"

26 Yehowa ɖo eŋu be, "Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom dua me la, ekema mave du blibo la nu ɖe ame dzɔdzɔeawo ta."

27 Abraham gagblɔ be, "Togbɔ be menye ʋuʋudedi kple afi ko la, esi medze nuƒoƒo kple Aƒetɔ la gɔme xoxo ta la, ɖe nam mayi edzi ko. 28 Ne àkpɔ ame blaene-vɔ-atɔ̃ ko ɖe, ɖe nàtsrɔ̃ du la ɖe ame atɔ̃ makpɔmakpɔ ta?"

Yehowa gblɔ be, "Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene-vɔ-atɔ̃ la, nyematsrɔ̃ du la o."

29 Tete Abraham gayi edzi be, "Ne ame dzɔdzɔe blaene koe li ɖe?"

Yehowa ɖo eŋu be, "Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaene la, nyematsrɔ̃ du la o."

30 Abraham gblɔ be, "Meɖe kuku, mègana dzi naku o; ɖe nam maƒo nu. Nenye ame blaetɔ̃ koe nàkpɔ le afi ma ɖe?"

Yehowa ɖo eŋu be, "Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaetɔ̃ ko la, nyematsrɔ̃ du la o."

31 Abraham yi edzi be, "Zi ale si medo dzi ƒo nu kple Yehowa ko la, na mayi edzi ko. Nenye ame blaeve koe ɖe?"

Yehowa ɖo eŋu be, "Ekema nyematsrɔ̃ du la o, ɖe ame blaeve mawo ta."

32 Mlɔeba la, Abraham gblɔ be, "O, Yehowa, mègado dɔmedzoe o; nya ɖeka sia koe gale asinye, nenye be ame dzɔdzɔe ewo ko nàkpɔ ɖe?"

Yehowa ɖo eŋu be, "Ekema le ame ewo mawo ta la, nyematsrɔ̃ du la o."

33 Esi Yehowa wu nya siawo gbɔgblɔ kple Abraham nu la, edzo, eye Abraham trɔ yi eƒe agbadɔ me.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-