Publicidade

Gênesis 21

Wodzi Isak

1 Azɔ Yehowa ve Sara nu abe ale si wògblɔ ene, eye Yehowa eƒe ŋugbedodo dzi na Sara. 2 Sara fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me ɖe ɣeyiɣi si dzi tututu Mawu do ŋugbe la dzi. 3 Abraham na ŋkɔ ɖevi si Sara dzi la be, Isak si gɔmee nye, "Nukoko." 4 Esi via, Isak, ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa abe ale si Mawu ɖo ene. 5 Abraham ƒe alafa ɖeka esi wodzi Isak .

6 Tete Sara gblɔ be, "Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nye nya sia la akpɔ dzidzɔ kplim. 7 Elabena ame kae abui kpɔ be nye Sara madzi vi? Ke medzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe tsitsime!"

Wonya Hagar kple Ismael

8 Ɖevi la tsi, eye wotso no . Gbe si gbe wotso no na Isak la, Abraham ɖo kplɔ̃ aɖe le dzidzɔɣeyiɣi sia dzi. 9 Ke esi Sara kpɔ Ismael, Abraham kple Egipte nyɔnu, Hagar ƒe vi wònɔ Isak kom la, 10 egblɔ na Abraham be, "Na kosivi ma kple via nadzo le afi sia. Via manyi dome kple vinye Isak gbeɖegbeɖe o."

11 Nu sia na Abraham tɔtɔ ŋutɔ, elabena via kee nye Ismael .

12 Ke Mawu gblɔ na Abraham be, "Mègatɔtɔ o, eye mègaxa nu le ŋutsuvi la kple srɔ̃kosi la ta o. nu si Sara ɖo na la, elabena Isak me dzidzimeviwo adzɔ tso. 13 Ke mana nyɔnu kosivi ƒe vi la ƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ aɖe, elabena viwò eya nye."

14 Ale Abraham ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo eya kple wo vi Ismael. Hagar kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o. 15 Esi tsia la, etsɔ ɖevi la mlɔ ati kpɔyɔe aɖe te, 16 eye wòyi ɖanɔ anyi ɖe adzɔge abe abɔ alafa ɖeka lɔƒo ene tso ɖevi la gbɔ. Egblɔ be, "Nyemedi be manɔ ɖevi la kpɔm wòaku o," eye wòde asi avifafa me hehehe.

17 Tete Mawu se ɖevi la ƒe avifafa, eye mawudɔla aɖe Hagar tso dziƒo gblɔ be, "Hagar, nya kae dzɔ? Mègavɔ̃ o! Mawu se ɖevi la ƒe avifafa le afi si wòmlɔ la. 18 Yi nàtsɔ ɖevi la, eye nàfa akɔ , elabena mawɔ eƒe dzidzimeviwo woazu dukɔ aɖe."

19 Mawu ʋu Hagar ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ vudo aɖe le afi ma. Eku tsi ɖe eƒe tsigolo me, eye wòna ɖe ɖevi la wòno. 20 Mawu kple ɖevi la, eye wòtsi. Enɔ gbedzi, eye wòzu aŋutrɔdala. 21 Esi wònɔ Paran Gbegbe la, dadaa ɖe srɔ̃ tso Egipte.

Abraham bla nu kple Abimelek

22 Le ɣeyiɣi sia me la, Fia Abimelek kple eƒe aʋafia Pixol va Abraham gbɔ gblɔ be, "Eme ƒãa be Mawu li kpli le nu sia nu si nèwɔna la me. 23 Ka atam nam le Mawu ŋkume be yemaba nye ŋutɔ alo vinye ŋutsu alo nye tɔgbuiyɔvi o, ke boŋ be yeanɔ anyi kple nye dukɔ le nɔvilɔlɔ̃ me abe ale si mele ɖe ŋuwò ene."

24 Abraham ɖo eŋu be, "Enyo, meka atam sia!"

25 Abraham na nutsotso fia Abimelek tso ale si fia la ƒe subɔlawo vudo aɖe le eƒe subɔlawo si sesẽtɔe la ŋuti. 26 Fia Abimelek ɖi vo, eye wògblɔ be, "Esiae nye zi gbãtɔ si mese nya aɖe tso nu sia ŋu, eye nyemenya ame si nu sia o. Nu ka ta mègblɔe nam kpɔ o?"

27 Abraham tsɔ alẽwo kple nyiwo na Fia Abimelek abe vɔsa ene hetsɔ ɖo kpe woƒe nubabla la dzi. 28 Abraham ɖe alẽvi adre tso eƒe lãhawo me ɖe aga, 29 eye Abimelek bia Abraham be, "Alẽvi adre siawo nèɖe ɖe aga la gɔme ɖe?"

30 Abraham ɖo eŋu be, "Esiae nye nye nunana na be wòanye kpeɖodzi le amewo ŋkume be nyee ɖe vudo sia."

31 Ale tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa vudo la be Beerseba si gɔmee nye "Atamvudo," elabena afi ma woka atam, eye wowɔ woƒe nubabla la le.

32 Le atamkaka le Beerseba megbe la, Fia Abimelek kple eƒe aʋakplɔla, Pixol trɔ yi aƒe. 33 Abraham do ati aɖe ɖe Beerseba eye wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu mavɔ la be wòanye ɖasefo le nubabla sia me. 34 Eye Abraham Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣeyiɣi didi aɖe.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-