Publicidade

Gênesis 27

Isak yra Yakob ɖe Esau teƒe

1 Esi Isak tsi ku amegã belibeli, eye megate ŋu nu kpɔm tututu o la, eyɔ via tsitsitɔ Esau gbe ɖeka. Eyɔe be, "Vinye."

Esau be, "Nyee nye esi."

2 Isak yi edzi gblɔ be, "Fifia metsi, eye menya be mate ŋu aku ɣe sia ɣi tso fifia dzi. 3 Tsɔ da kple datiwo nàyi gbe me, eye nàwu aɖe tsɔ gbɔe. 4 Ne ègbɔ la, nàɖa nu nyui si tɔgbi melɔ̃a ɖuɖu la nam. Tsɔe nam maɖu, be mayra , vinye ŋutsuvi gbãtɔ hafi maku."

5 Ke Rebeka fi nya si Isak gblɔ na via Esau la se. Ale esi Esau dzo yi adegbe be yeadi aɖe awu la, 6 Rebeka via Yakob, eye wògblɔ be, "Mese fofowò gblɔ na nɔviwò be, 7 Di adelã nàɖa nui nam maɖu, eye mayra le Yehowa ŋkume hafi maku.’ " 8 Rebeka yi edzi gblɔ be, "Vinye, ɖo tom, eye nàwɔ nu si magblɔ na la tututu. 9 Yi lãhawo me, eye nàlé gbɔ̃ eve siwo metsi tututu o la nam ne matsɔ wo aɖa nu si vivia fofowò nu la . 10 Àtsɔ nuɖuɖu la ayi na fofowò wòaɖu. Ne eɖui la, ayra boŋ ɖe fowò Esau teƒe hafi aku."

11 Ke Yakob gblɔ na dadaa be, "Enyo , gake fonye Esau to fu ɖe ŋuti, ke nye la, nye ŋutigbalẽ zrɔ̃. 12 Nya kae adzɔ ne fofonye ali asi ŋunye? Abu be ɖe medi be mado ye, eye wòaƒo fi adem le esime wòayram teƒe!"

13 Rebeka gblɔ na via be, "Vinye lɔlɔ̃a, na eƒe fiƒode nava dzinye. ya nu si megblɔ na la. Yi nàlé gbɔ̃awo ." 14 Ale Yakob ɖe dadaa ƒe ɖoɖowo dzi. Ewu gbɔ̃awo, ko wo nyuie, eye dadaa tsɔ la ɖa nu si vivia Isak nu. 15 Le esia megbe la, Rebeka tsɔ Esau ƒe awu nyuitɔwo, eye wòna Yakob do wo. 16 Etsɔ gbɔ̃awo ƒe agbalẽwo asiwuiwo, eye wòtsɔ gbɔ̃gbalẽ la ƒe ɖe kawo tsi ɖe asiwuiawo ŋu heku na Yakob. 17 Etsɔ si ʋeʋẽm lĩlĩlĩ kple abolo si wome teti la .

18 Yakob tsɔ nuɖuɖua yi na fofoa hegblɔ be, "Fofonye."

Eɖo eŋu bena, "Nyee nye si, vinye kae nye ema?"

19 Yakob ɖo eŋu be, "Nye Esau, viwò tsitsitɔe. Mewɔ nu si nèɖo nam be mawɔ la. Nuɖuɖu nyui si nèdi lae nye esi. nàɖui eye nàyram."

20 Enumake Isak gblɔ be, "Vinye, aleke nèwɔ hafi asi ka kaba ale?"

Yakob ɖo eŋu be, "Yehowa, Mawu lae kpe ɖe ŋunye."

21 Isak gblɔ na Yakob be, "Te ɖe ŋunye. Medi be mali asi ŋuwò, ale be maka ɖe edzi be Esau tututue!"

22 Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wòli asi eŋu. Isak gblɔ na eɖokui be, "Gbe la nye Yakob , gake asiawo nye Esau !" 23 Isak di be yeayra Yakob, gake egabia be, 24 "Woe nye Esau nyateƒea?"

Ke Yakob ɖo eŋu be, "Nyee!"

25 Isak gblɔ be, "Vinye, ekema tsɔ nuɖuɖu la nam. Ne meɖui la, ekema mayra ."

Yakob tsɔ nuɖuɖu la na fofoa wòɖu, eye wòno wain si Yakob tsɔ kpe ɖe nuɖuɖua ŋu la. 26 Emegbe Isak gblɔ be, "Vinye, te ɖe ŋunye, eye nàgbugbɔ nu nam!"

27 Yakob te ɖe fofoa ŋu, eye wògbugbɔ eƒe alɔgo. Ʋeʋẽ si Isak se le awu siwo Yakob do me la na wòbu be Esaue. Eyrae hegblɔ be,

"Ehɛ̃, Vinye ƒe ʋeʋẽ

kple ʋeʋẽ nyui si dona tso anyigba kple agble

si Yehowa yra la ene.

28 Mawu nana dziƒozãmu nadza ɖe nukuwo dzi ɣe sia ɣi,

eye wòana bli kple wain yeye nasɔ gbɔ na .

29 Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na .

Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi.

ƒometɔwo katã nade ta agu na .

Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de la,

ke woayra ame sia ame si ayra la."

Esau va dze si Yakob ƒe amefuflu

30 Esi Isak yra Yakob teti, eye Yakob do go le fofoa ƒe me la, Esau gbɔ tso adegbea. 31 Eya ɖa nu si fofoa ̃a ɖuɖu la, eye wòtsɔe yi . Esau gblɔ be, "Fofonye, metsɔ nuɖuɖu la na . nàɖu nua, eye nàyram!"

32 Isak bia be, "ame kae?"

Esau ɖo eŋu be, "Nyee! Nye Esau, viwò ŋutsu tsitsitɔe!"

33 Isak de asi ƒoƒo me kpakpakpa. Egblɔ be, "Ekema ame kae tsɔ nuɖuɖu nam fifi laa meɖu, eye meyrae kple yayra si womagate ŋu aɖe ɖa o la?"

34 Esau de asi avifafa me hehehe. Egblɔ be, "Oo fofonye, yram! Yra nye !"

35 Isak ɖo eŋu be, "Nɔviwò va flum, eye wòxɔ yayra."

36 Esau gblɔ kple vevesese be, "Nu sia tututu tae woyɔe be Yakob si gɔmee nye Amebalaɖo. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye le asinye, eye wògafi nye yayra . Oo, fofonye, yayra aɖeke megale asiwò nànam oa?"

37 Isak ɖo eŋu gblɔ be, "Mewɔe wòzu aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wain . Nu kae gali matsɔ ana ."

38 Esau nya la dzi gblɔ na fofoa be, "Yayra aɖeke mesusɔ nàtsɔ nam oa? Oo, fofonye yra nye !" Esau gade asi avifafa me, ke fofoa meke nu o. 39 Mlɔeba la, Isak gblɔ na Esau be,

"Manɔ anyigba wɔnuku aɖeke dzi o,

eye zãmu madza na akpɔ o.

40 yi anyi eye àsubɔ nɔviwò va se ɖe ɣeyiɣi aɖe,

ke emegbe la, àva do le ete, eye nàkpɔ ablɔɖe."

41 Ale Esau fu nɔvia Yakob ɖe eƒe yayra si fofoa tsɔ la ta. Egblɔ na eɖokui be, "Esusɔ vie fofonye naku, ekema mawu Yakob." 42 Ke ame aɖe va nya nu tso Esau ƒe tameɖoɖo ŋu, eye wòɖo afɔ afɔta na Rebeka. Eya ta Rebeka Yakob, eye wògblɔ be, "Esau le nugbe ɖom ɖe agbe ŋuti."

43 Rebeka yi edzi be, "Nu si nàwɔ fifia lae nye be nàsi ayi nyruiwò Laban gbɔ le Haran. 44 afi ma va se ɖe esime nɔviwò ƒe dɔmedzoe nu nafa, 45 eye wòaŋlɔ nu si nèwɔ ɖe eŋu la be. Ekema maɖo du ɖe , elabena manyo be mi ame evea siaa miabu ɖem gbe ɖeka o."

46 Emegbe la, Rebeka gblɔ na Isak be, "Hiti ɖetugbiwo ƒe nya tim. Malɔ̃ be maku tsɔ wu be makpɔ Yakob wòaɖe wo dometɔ ɖeka."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-