Publicidade

Gênesis 31

Yakob ɖo ta me be yeatrɔ ayi ye fofo ƒe anyigba dzi

1 Yakob va nya be Laban ƒe viwo liʋĩliʋĩ lĩm be, "Nu sia nu si le esi la do tso mía fofo ƒe nuwo me. Eƒe kesinɔnuwo katã tso mía fofo gbɔ." 2 Yakob de dzesii be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye o. 3 Yehowa ƒo nu na Yakob gblɔ be, "Trɔ nàyi fofowò ƒe anyigba dzi, nànɔ ƒometɔwo dome le afi ma, eye manɔ kpli ."

4 Eya ta gbe ɖeka Yakob ɖo du ɖe Rahel kple Lea be woava kpɔ ye le alẽhawo gbɔ le gbedzi, 5 ale be yewoalé nya aɖewo kpɔ.

Yakob gblɔ na wo be, "Mia fofo tso ɖe ŋunye, ke fofonyewo ƒe Mawu va ƒo nu nam. 6 Mienya ale si mewɔ sesĩe na mia fofo, 7 ke mewɔ nu dzɔdzɔe ɖe ŋunye o; eda le ɖoɖo siwo míewɔ ɖe nye fetu ŋu la dzi zi geɖe. Ke Mawu meɖe be wòawɔ nuvevi aɖekem o! 8 Elabena ne egblɔ be ŋɔtaŋɔtawo nanye tɔnye la, ekema siwo wodzi la nɔa ŋɔtaŋɔta. Esi wòtrɔ ɖoɖo la hegblɔ be siwo me fli to nazu tɔnyewo la, fli nɔa lãawo katã ŋuti. 9 Ale Mawu na mezu hotsuitɔ to mia fofo ƒe lãha si wòxɔ tsɔ nam ta.

10 "Le lãawo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ be gbɔ̃tsu siwo katã asi yɔm la nye siwo me fli to kple esiwo ŋɔtaŋɔta la. 11 Mawudɔla aɖe yɔm le drɔ̃ea me be, Yakob,eye metɔ be, Nyee nye esi.12 Eye wògblɔ nam be mana gbɔ̃tsu siwo me fli le kple esiwo le ŋɔtaŋɔta la nayɔ asi gbɔ̃ɣiawo." Egblɔ be, "Elabena mekpɔ nu siwo katã Laban ɖe ŋuwò la. 13 Nyee nye Mawu si ɖe ɖokuinye fia le Betel, afi si nèkɔ ami ɖe kpe dzi le, eye nèɖe adzɔgbe be yeasubɔm. Azɔ la, ele na be nàdzo le afi sia, eye nàyi afi si wodzi ɖo la."

14 Rahel kple Lea ɖo eŋu be, "Nu sia nyo na ! Naneke mele afi sia na o; mía fofo ƒe kesinɔnuwo dometɔ aɖeke mazu domenyinu na o! 15 Ele nuwo wɔm ɖe mía ŋu abe amedzrowo míenye ene. Etsɔ dzra, eye nu si wòxɔ ɖe mía ta megali o. 16 Le sea nu la, kesinɔnu siwo Mawu tsɔ na to mía fofo dzi la nye kple mía viwo , eya ta nu sia nu si Mawu be nàwɔ la."

Yakob kple srɔ̃awo kpakple viawo si dzo le Laban gbɔ

17 Yakob viawo kple srɔ̃awo ɖo kposɔwo dzi, eye wodzo. 18 Ke ena wokplɔ eƒe lãhawo do ŋgɔe kpe ɖe nunɔamesi siwo katã wòkpɔ le Padan Aram la ŋuti ɖo ɖe fofoa Isak le Kanaanyigba dzi.

19 Esi Laban yi ɖe fu ko ge na eƒe alẽwo la, Rahel fi fofoa ƒe aklamakpakpɛwo tsɔ dzoe. 20 Gawu la, Yakob flu Laban, Arameatɔ la, eye meklãe hafi dzo o. 21 Ale wòsi kple eƒe nunɔamesiwo katã. Esi wòtso Frat tɔsisi la, eɖo ta Gilead ƒe tonyigbawo dzi. 22 Ŋkeke etɔ̃ va yi hafi Laban nya nu tso Yakob ƒe sisi ŋu. 23 Ekplɔ ame aɖewo ɖe asi, eye wodze eyome kple du heva tui le ŋkeke adre megbe le Gilead to la gbɔ. 24 Gbe ma gbe la, Mawu ɖe eɖokui fia Laban Arameatɔ le drɔ̃e me, eye wògblɔ be, "Kpɔ nyuie le nu si nàgblɔ na Yakob la ŋuti. Mègayrae o, eye mègaƒo fi dee o." 25 Laban va tu Yakob esime Yakob tu agbadɔ ɖe Gilead to la dzi. Laban tu eƒe agbadɔ ɖe to la te.

26 Laban bia Yakob be, "Nu kae nye esi nèwɔ hesi dzo le adzame ale? Ɖe vinyenyɔnuwo nye aboyome siwo wolé le aʋa me, eya ta nèkplɔ wo si dzoe alea? 27 Nu ka ta mèna mɔnukpɔkpɔm be maɖo kplɔ̃ na mi, eye hadzidzi, ʋuƒoƒo kple kasaŋkuƒoƒo nanɔ anyi o ɖo? 28 Nu ka ta mèna megbugbɔ nu na nye tɔgbuiyɔviwo hedo hedenyui na wo o ɖo? Nu sia nye nu trama aɖe si nèwɔ. 29 Mate ŋu awɔ nuvevi hafi, gake fofowò ƒe Mawu la ɖe eɖokui fiam le si va yi la me, eye wògblɔ nam be, Kpɔ nyuie be màklẽ ŋku ade Yakob o.30 Ke esi nèkpɔ be ele be yeadzo, eye aƒe dzrowòm vevie nenema ɖe, nu ka ta nèfi nye aklamakpakpɛwo dzoe ɖo?"

31 Yakob ɖo eŋu na Laban be, "Mesi dzo, elabena menɔ vɔvɔ̃m. Megblɔ na ɖokuinye be, Àva viwò nyɔnuwo le asinye sesẽtɔe.32 Ke le aklamakpakpɛwo gome la, woaƒo fi ade ame si fi wo la, eye wòaku! Ka nye nuwo katã me le mía nɔviawo ƒe ŋkume kpɔ be nane le wo me mahã. Ne èkpɔ nane si mefi dzoe la, ekema tsɔe." Ke Yakob menya be Rahel fi aklamakpakpɛawo o.

33 Laban yi ɖaka Yakob ƒe agbadɔ me gbã; emegbe eyi ɖaka Lea kple kosi eveawo ƒe agbadɔ me, gake mekpɔ aklamakpakpɛawo o. Esia megbe la, eyi ɖaka Rahel me azɔ. 34 Rahel nye ame si fi aklamakpakpɛawo. Etsɔ wo ɣla ɖe eƒe kposɔ ƒe akpa te, eye wònɔ anyi ɖe wo dzi. Togbɔ be Laban ka agbadɔawo me abe ale si wòate ŋui ene la, mete ŋu kpɔ aklamakpakpɛawo o.

35 Rahel gblɔ na fofoa be, "Papa, tsɔe kem be nyemate ŋu atsi tsitre o, elabena mekpɔ dzinu."

36 Yakob do dɔmedzoe ɖe Laban ŋu, eye wòbiae be, "Nu ̃ ka mewɔ? Vo ka meda si ta nànɔ fu ɖem nam ale? 37 Azɔ esi nèka nye nuwo katã me ɖe, nu ka nèkpɔ si nye tɔwò? Tsɔe da ɖe ƒometɔwo kple tɔnyewo ŋkume, eye nàna woadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli dome.

38 "Menɔ gbɔwò ƒe blaeve sɔŋ. Le ɣeyiɣi ma katã me la, mekpɔ alẽnɔwo kple gbɔ̃nɔwo dzi, ale be wodzi vi lãmesesẽtɔwo na , eye nyemewu agbo ɖeka ̃ ɖa ɖu o. 39 Ne wɔadãwo wu ɖewo la, ɖe metsɔa wo fiaa be nàɖe wo tso lãwo domea? Ao, meɖoa eteƒe na . Èna mexe fe ɖe ɖe sia ɖe si wofi tso lãhawo me la ta, eɖanye nye vodada, alo menye nye vodada o!

40 "Mewɔ na , ŋdɔkutsu ɖum le ŋkeke me, eye vuvɔ wɔm le me, eye nyemedɔa alɔ̃ o. 41 Ɛ̃, mewɔ na ƒe blaeve sɔŋ: ƒe wuiene be mate ŋu aɖe viwò nyɔnu eve, ƒe ade be lãha sia naka asinye! Gawu la, èɖe nye fetu dzi zi ewo. 42 Nyateƒe, ne menye tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu ƒe amenuveve tae o la, anye ne èdo mɔm asi ƒuƒlu, pesewa ɖeka ̃ manɔ asinye o! Ke Mawu kpɔ ŋutasesẽ kple nye nuteƒewɔwɔ, eya ta wòɖe eɖokui fia le si va yi me."

43 Laban ɖo eŋu na Yakob be, "Vinyewoe nye nyɔnu siawo; ɖevi siawo tɔnyewoe. Lãha siawo kple nu siwo katã le asiwò la, tɔnyee wonye, eya ta nu ka ta mawɔ nuvevi nye ŋutɔ vinyewo kple nye tɔgbuiyɔviwo ɖo? 44 Na míabla ŋutifafanu kple mía nɔewo, eye mía dometɔ ɖe sia ɖe nazɔ ɖe nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi."

45 Ale Yakob ɖi kpe aɖe abe ŋkuɖodzikpe ene, 46 eye wògblɔ na eƒe amewo be woafɔ kpewo ali ɖe kpe la dzi. Emegbe Yakob kple Laban ɖu nu ɖekae le kpeawo gbɔ. 47 Laban yɔe be Yegar Sahaduta, eye Yakob yɔe be Galed. 48 Laban gblɔ be, "Kpoƒuƒu sia nye ɖasefo le nye kpli dome egbea." Eya ta woyɔe be Galed. 49 Eya ta woyɔe be "Mizpa" si gɔmee nye "Nuŋudzɔla," elabena Laban gblɔ be, "Aƒetɔ la nakpɔ egbɔ be ne míegale mía nɔewo gbɔ o la, míazɔ ɖe nubabla sia dzi. 50 Kpe ɖe esia ŋu la, ne èwɔ fu vinyewo alo ègaɖe srɔ̃ bubuwo la, nyemanya o, gake Mawu ya akpɔe."

51 Laban gblɔ na Yakob be, "Kpekɔ sia le afi sia, eye sɔti sia si metu ɖe nye kpli dome la le afi sia. 52 Kpekɔ sia nye ɖasefo, eye sɔti sia nye ɖasefo be nyemava to kpekɔ sia ŋu be mava akpa dzi ava nuvevi aɖeke o, eye be màto kpekɔ kple sɔti sia ŋu ava nye akpa dzi be nàva nuvevi aɖekem o. 53 Meyɔ Abraham kple Nahor kpakple wo fofowo ƒe Mawu la be wòatsrɔ̃ mía dometɔ si mawɔ nubabla sia ƒe ɖoɖowo dzi o la."

Ale Yakob ka atam le fofoa Isak ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume be yealé ŋku ɖe liƒo la ŋu. 54 Tete Yakob sa na Mawu le to la tame, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe amewo. Etsi wo gbɔ le to la dzi. 55 Laban ŋdi kanya, gbugbɔ nu na viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviawo, yra wo, eye wòtrɔ yi wo de.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-