Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 1 39

Yosef kple Potifar srɔ̃

1 Esi Ismaeletɔwo kplɔ Yosef yi Egipte la, wodzrae abe kluvi ene na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ŋumewo dometɔ ɖeka. Eganye Farao ŋu dzɔlawo ƒe amegã kple aƒedzikpɔlawo ƒe amega . 2 Yehowa yra Yosef le eƒe aƒetɔ si nye Egiptetɔ la ƒe aƒe me ale gbegbe be nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi. 3 Potifar de dzesii be Yehowa li kple Yosef le tɔxɛ aɖe nu, 4 eya ta Potifar ̃ Yosef. Etsɔe ɖo eƒe aƒemenuwo kple eƒe dɔwɔnawo dzi kpɔkpɔ nu. 5 Enumake Yehowa de asi Potifar yayra me ɖe Yosef ta. Eƒe aƒemenyawo katã tsɔ afɔ nyuie; eƒe agblemenukuwo ʋã nyuie, eye eƒe lãwo dzi ɖe edzi, 6 eya ta Potifar tsɔ nu siwo katã esi la dzi kpɔkpɔ de esi. Zi ale si Yosef li ko la, megatsia dzi ɖe naneke ŋu o, negbe nu si wòadi be yeaɖu ko! Ke Yosef nye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe.

7 Le ɣeyiɣi siawo me la, Potifar srɔ̃ de asi ahiãmoɖoɖo na Yosef me, eye gbe ɖeka la, egblɔ na Yosef be wòadɔ kpli ye.

8 Yosef gbe hegblɔ be, "Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye, eye wòtsɔm ɖo eƒe aƒemenuwo katã nu. 9 Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu ̃ aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu."

10 Ke Potifar srɔ̃ ganɔ nya la ƒom ɖe Yosef nu kokoko gbe sia gbe, gake Yosef do tokui, eye wòdea axa ale si wòate ŋui. 11 Gbe ɖeka esi Yosef eƒe aƒemedɔwo wɔm, eye ame bubu aɖeke menɔ afi ma lɔƒo o la, 12 Potifar srɔ̃ va awu ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ be, "gbɔnye!" Yosef ʋli le esi, ke le ʋiʋlia me la, eƒe dziwui tsi nyɔnu la si. Yosef si do le xɔa me. 13 Esi Potifar srɔ̃ kpɔ be eƒe awu tsi ye si, eye wòsi dzo la, 14 eyɔ eƒe subɔlawo, eye wògblɔ na wo be, "Mikpɔ ɖa, wokplɔ Hebri ɖekakpui sia be wòado ŋukpe ! Eva afi sia be yeadɔ kplim, ke medo ɣli. 15 Esi wòse medo ɣli be amewo nava nam la, egblẽ eƒe awu ɖe gbɔnye, eye wòsi do go le aƒea me."

16 Etsɔ awu la dzra ɖo, eye esi srɔ̃a gbɔ fiẽ ma la, 17 egblɔ nya blibo la be, "Hebri kluvi ma si nèkplɔ va afi sia la di be yeadɔ gbɔnye sesẽtɔe. 18 Nye ɣlidodo koe ɖem tso eƒe asi me. Esi dzo hegblẽ eƒe awu ɖe megbe!"

19 Esi Potifar se nya sia la, edo dɔmedzoe. 20 Elé Yosef de gaxɔ me, afi si wodea ga fia Farao ƒe gaxɔmenɔlawo ɖo. 21 Ke Yehowa ganɔ kple Yosef le afi ma ; eve enu, eye wòna gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã ƒe me trɔ ɖe eŋu. 22 Eteƒe medidi o la, gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã la tsɔ gaxɔa dzi kpɔkpɔ de asi na Yosef, eye gaxɔmenɔla bubuawo katã ete. 23 Gaxɔdzikpɔlawo ƒe amegã megatsia dzi ɖe naneke ŋuti o, elabena Yosef kpɔa nu sia nu dzi nyuie. Yehowa kplii, eye nu sia nu dze edzi nyuie.

Veja também