7 Le ɣeyiɣi siawo me la, Potifar srɔ̃ de asi ahiãmoɖoɖo na Yosef me, eye gbe ɖeka la, egblɔ na Yosef be wòadɔ kpli ye.
8 Yosef gbe hegblɔ nɛ be, "Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye, eye wòtsɔm ɖo eƒe aƒemenuwo katã nu. 9 Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe wò ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu vɔ̃ gã aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu."
10 Ke Potifar srɔ̃ ganɔ nya la ƒom ɖe Yosef nu kokoko gbe sia gbe, gake Yosef do tokui, eye wòdea axa nɛ ale si wòate ŋui. 11 Gbe ɖeka esi Yosef nɔ eƒe aƒemedɔwo wɔm, eye ame bubu aɖeke menɔ afi ma lɔƒo o la, 12 Potifar srɔ̃ va lé awu ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ nɛ be, "Dɔ gbɔnye!" Yosef ʋli le esi, ke le ʋiʋlia me la, eƒe dziwui tsi nyɔnu la si. Yosef si do le xɔa me.