Amewo ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃
1 Amewo dzi, eye wosɔ gbɔ ŋutɔ ɖe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi sia me la, 2 mawu viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe, eye woɖe wo dometɔ siwo nyo wo ŋu la. 3 Tete Yehowa gblɔ be, "Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve."
4 Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo nɔ wo ŋu. 5 Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la, 6 evee ŋutɔ be yewɔ amegbetɔ. Nu sia gbã dzi nɛ.
7 Tete Yehowa gblɔ be, "Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo." 8 Ke Yehowa kpɔ ŋudzedze le Noa ŋu.
Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya
9 Noa ƒe ŋutinya yi ale:
Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu.