Publicidade

Gênesis 6

Amewo ƒe nu ̃ wɔwɔ kple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃

1 Amewo dzi, eye wosɔ gbɔ ŋutɔ ɖe anyigba dzi. Le ɣeyiɣi sia me la, 2 mawu viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe, eye woɖe wo dometɔ siwo nyo wo ŋu la. 3 Tete Yehowa gblɔ be, "Mele be nye Gbɔgbɔ naganɔ amegbetɔwo me tegbee o, elabena amegbetɔwo nu ̃ le goawo katã me. Woƒe agbemeŋkekewo anye ƒe alafa ɖeka kple blaeve."

4 Le ɣe ma ɣi me kple emegbe ̃ la, esime mawu viwo ɖea amegbetɔwo ƒe nyɔnuwo la, wo viwo zua ame dzɔatsuwo, eye ŋutinya geɖewo wo ŋu. 5 Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu ̃ wɔwɔ ko gbɔ la, 6 evee ŋutɔ be yewɔ amegbetɔ. Nu sia gbã dzi .

7 Tete Yehowa gblɔ be, "Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la , elabena evem be mewɔ wo." 8 Ke Yehowa kpɔ ŋudzedze le Noa ŋu.

Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya

9 Noa ƒe ŋutinya yi ale:

Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu. 10 Ŋutsuvi etɔ̃ esi: Woawoe nye Sem, Ham kple Yafet.

11 Azɔ la, nu ̃ wɔwɔ ganɔ edzi yim wu tsã le xexea me godoo, eye Mawu kpɔ be nu vlo wɔwɔ na xexea me gblẽ keŋ.

12 Mawu kpɔ ale si xexea me va gblẽe, elabena ame siwo katã xexea me la ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi. 13 Ale Mawu gblɔ na Noa be, "Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa. 14 Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ . yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi. 15 Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene (140), akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. 16 Ɖe fesre mita afã ɖe gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi.

17 "Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.

18 "Ke mele nu blam kpli be makpɔ tawò le aɖakaʋu la me nànɔ dedie kple srɔ̃kple viwò ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo. 19 Nàtsɔ nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, atsu kple asi ade aɖakaʋu la me be woanɔ agbe le gbɔwò. 20 Xevi ƒomevi ɖe sia ɖe, eveve, ƒomevi ɖe sia ɖe eveve kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana la eveve ava gbɔwò be nàde wo aɖakaʋu la me. 21 Dzra nuɖuɖu si woawo kple miawo siaa miahiã la ɖo ɖe aɖakaʋu la me." 22 Eye Noa nu sia nu abe ale si Mawu ɖoe ene.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-