Publicidade

Gênesis 7

Mawu ƒe ɖoɖo na Noa kple tsiɖɔɖɔ la

1 Yehowa gblɔ na Noa be, "Yi aɖakaʋu la me kple ƒometɔwo katã, elabena le anyigbadzinɔlawo katã dome la, koe nye ame dzɔdzɔe le nye ŋkume.

2 "Kplɔ lãwo de eme, atsu kple asi, negbe esiwo metia da ɖi be woaɖu kple esiwo woatsɔ asa vɔe ko. Tsɔ wo dome adre, atsu kple asi, 3 eye nàgatsɔ xevi ɖe sia ɖe ƒe atsu kple asi adre. Ale nu gbagbe ɖe sia ɖe agate ŋu adzi le tsiɖɔɖɔ la megbe. 4 Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la."

5 Ale Noa nu sia nu si Yehowa di tso esi be wòawɔ la. 6 Noa ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba la. 7 Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu.

8 ɖuɖua kple maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple siwo katã tana la, 9 atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me abe ale si Mawu ɖo na Noa ene.

Tsiɖɔɖɔ la dze egɔme

10 Le ŋkeke adre megbe la, tsi dza ɖe anyigba la dzi.

11 Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe. 12 Tsi de asi dzadza me sesĩe, eye tsi dzidziwo ŋɔ tso tome va anyigba dzi ŋkeke blaene kple blaene. 13 Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo. 14 wɔadã ɖe sia ɖe ƒomevi, aƒemelã ɖe sia ɖe ƒomevi, siwo tana ɖe sia ɖe ƒomevi kple xevi siwo dzona ɖe sia ɖe ƒomevi kple esiwo medzona o siaa yi kpli wo. 15 Nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ si me agbegbɔgbɔ le la ƒomevi ɖe sia ɖe, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me. 16 Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu.

17 Tsiɖɔɖɔ la edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi. 18 Esi tsi la ɖɔɖɔm ɖe edzi, eye wònɔ aɖakaʋu la dom ɖe dzi ɣe sia ɣi wu tsã la, aɖakaʋu la dedie le tsi la dzi. 19 Mlɔeba la, tsi la ɖɔ kɔkɔ gbɔ to kɔkɔwo katã ŋu le lilikpo la te, 20 eye aɖakaʋu la ƒe nɔƒe kɔkɔ mita blaadre-vɔ-eve, alo wu nenema ̃ . 21 Nu gbagbe siwo katã anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃. 22 Nu sia nu si me agbe , eye wònɔ anyigba ƒuƒui dzi tsã la tsrɔ̃. 23 Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe. 24 Tsiɖɔɖɔ la anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-