4 "Ke mele be miaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. 5 Mabia akɔnta mi tso ʋu si le mia me la ŋu. Mabia akɔnta tso lã sia lã ŋu, eye mabia akɔnta ame sia ame hã tso nɔvia ƒe agbe ŋu.
6 "Ame sia ame si akɔ ame ƒe ʋu ɖi la,
ame akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi,
elabena Mawu ƒe nɔnɔme
me Mawu wɔe ɖo.