Yɔyɔ hena vevidodo nu
19 Eya ta nɔvi lɔlɔ̃wo, esime kakaɖedzi le mía si be miage ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la to Yesu ƒe ʋu me ŋuti la, 20 eʋu mɔ yeye kple mɔ gbagbe na mí to xɔmetsovɔ si nye eƒe ŋutilã la me. 21 Eye esi nunɔlagã le mía si le Mawu ƒe aƒe nu ta la, 22 mina míate ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya vɔ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e.