4 Ke ame siwo dze anyi la, aleke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me? Wonye ame siwo nɔ Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wokpɔ gome hã le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, 5 ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple ŋusẽ siwo le xexe si gbɔna la me hã kpɔ. 6 Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ, elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.