Publicidade

Hebreus 9

16 Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi, 17 elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti ne ame si ŋlɔ agbalẽ la le agbe o. 18 Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋumanɔmee o. 19 Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti. 20 Tete wògblɔ be, "Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-