Habakuk ƒe nyatsɔɖeameŋu
2 O Yehowa, zi nenie mado ɣli ayɔ wò hafi nàxɔ nam?
Medo ɣli yɔ wò ʋuu gake ŋuɖoɖo aɖeke meva o.
Nu ka ta medo ɣli be:
"Ŋutasesẽ le edzi yim"
gake mèɖo xɔname ɖa o.
3 Nu ka ta nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm?
Nu ka wɔ nèɖe mɔ na nu gbegblẽ wɔwɔ?
Elabena gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me
eye avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ ƒo xlãm.