48 Nyee nye agbebolo la! 49 Togbɔ be mia fofowo ɖu mana si tso dziƒo hã la, woku. 50 Ke esiae nye abolo si tso dziƒo va, esi ame aɖu, eye maku o. 51 Nyee nye agbebolo si tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖu abolo sia la, anɔ agbe tegbee. Abolo siae nye nye ŋutilã si matsɔ ana ɖe xexea me ƒe agbe ta."