Israelviwo xɔ Yeriko
1 Wotu Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋgoŋ le vɔvɔ̃ na Israelviwo ta, eye womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòado go alo age ɖe eme o.
2 Yehowa gblɔ na Yosua be, "Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi! 3 Nu si miawɔe nye, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã Yeriko du la zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade. 4 Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum. 5 Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me."
6 Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, "Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ." 7 Ale wòɖe gbe na ameawo be, "Mizɔ yi ŋgɔ! Mizɔ ƒo xlã du la. Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la nedze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la."