34 Esi Yefta trɔ va eƒe aƒe me le Mizpa la, ame aɖeke medo va kpee o, negbe via nyɔnu si nɔ ɣe ɖum ɖe asiʋui ŋu! Eya koe nye vi ɖeka si nɔ esi. Viŋutsu loo alo vinyɔnu aɖeke meganɔ esi wu eya o. 35 Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo henɔ ɣli dom be, "O, vinyenyɔnu! Ètsɔm do nublanuitɔ kple ame ɖigbɔ̃e elabena meɖe adzɔgbe na Yehowa esi dzi nyemate ŋu ada le o."