Pular para o conteúdo
Publicidade

Ʋɔnudrɔ̃lawo 13

6 Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ be, "Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ nam o. 7 Egblɔ nam be, Èle fu ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’ "

8 Tete Manoa do gbe ɖa na Yehowa be, "Oo, Aƒetɔ, míeɖe kuku, na ame si tso Mawu gbɔ la, nagava mía gbɔ eye wòafia nu tso ale si míahe ɖevi si dzi ge míala la ŋu."

Veja também