59 Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ƒe ŋkɔ Zekaria nɛ, 60 gake Elizabet gblɔ be, "Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes."
61 Amewo do ɣli be, "Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome blibo la me si woyɔna nenema o."
62 Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia. 63 Zekaria na wotsɔ nuŋlɔkpe aɖe vɛ nɛ, eye nukutɔe la, eŋlɔ ɖe kpe la dzi be, "Eŋkɔe nye Yohanes." 64 Enumake Zekaria ƒe nu ʋu, eye wògadze nuƒoƒo gɔme abe tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe.