11 ekpɔ nyɔnu aɖe si dɔléamegbɔgbɔ na wònɔ dɔ lém vevie ƒe wuienyi sɔŋ. Dɔléle la na be wòxa gobaa, ale be mate ŋu adzɔ ɖe tsitrenu o.
12 Yesu yɔe va eɖokui gbɔe eye wògblɔ nɛ be, "Nyɔnu, èvo tso wò dɔléle la si me!" 13 Azɔ eka asi eŋu, eye enumake nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ, eye wòdzɔ ɖe tsitre kã hekafu Mawu.