Publicidade

Lucas 17

12 Woge ɖe kɔƒe aɖe me, eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge ɣli dom be, 13 "Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na !"

14 Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, "Miyi ɖe nunɔlawo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti !" Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.

15 Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, "Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ." 16 Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba, eye wòda akpe le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o.

17 Yesu biae be, "Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asiekɛ mamlɛawo ya ɖe? 18 Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?"

19 Yesu gblɔ na ŋutsua be, "Tso nàdzo, xɔse da gbe le ŋuwò."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-