Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene
28 Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem. 29 Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me. 30 Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si wode kae la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, "Ne miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii. 31 Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka ta miele ka tumii ɖo?’ miegblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’ "
32 Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene, 33 eye esi wonɔ ka tumii la, nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, "Nu kae nye ema wɔm miele? Nu ka ta miele ka tum míaƒe tedzivia ɖo?"
34 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, "Aƒetɔ la hiãe." 35 Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu, eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi eye wokɔ Yesu ɖo edzi.
36 Esi wònɔ yiyim la, amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒome nɛ. 37 Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga le la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta, 38 gblɔ be,
"Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!"
"Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!"
39 Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be, "Aƒetɔ, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo ne woadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!"
40 Eɖo eŋu na wo be, "Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la, kpewo atso aseye."