Pular para o conteúdo
Publicidade

Luka 2

22 Ke esi wowu ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe seawo nu la, Yosef kple Maria vidzĩ la yi gbedoxɔ me le Yerusalem be woakɔe aɖo Mawu ƒe ŋkume 23 (elabena woŋlɔe ɖe Aƒetɔ la ƒe seawo me be, "Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la"). 24 Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana abe ale si Mawu ƒe se la gblɔ ene be, ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve.

25 Ke ŋutsu aɖe le Yerusalem si ŋkɔe nye Simeon la gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si ̃a Mawu ŋutɔ, enɔ Israel ƒe akɔfafa lalam eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le eya amea dzi. 26 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo. 27 Gbɔgbɔ la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu, ɖevi la aɖo Mawu ŋkume le se la ƒe kɔa nu la, 28 Simeon afi ma xoxo, eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be,

29 "Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, azɔ àte ŋu ado dɔla le ŋutifafa me,

elabena mekpɔe abe ale si nèdo ŋugbee nam la ene.

30 Elabena nye ŋkuwo kpɔ ɖeɖe,

31 si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ƒe ŋkume.

32 Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o,

eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel dukɔ !"

33 Maria kple Yosef ƒe nu ku, eye woƒe mo yaa le nya siwo katã gblɔm Simeon le Yesu ŋu ta. 34 Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, "Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene, 35 ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke la, yi aƒo ɖe luʋɔ le eta."

36 Nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Exɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbime, 37 eye wònye ahosi si ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii.

38 Nyɔnu sia va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nu ƒom na wo, eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Kristo la na ame siwo katã kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la.

Veja também