Yesu, ɖevi la le gbedoxɔ me
41 Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. 42 Esi Yesu xɔ ƒe wuieve la, woyi ŋkeke la ɖuƒe le kɔnyinyi la nu. 43 Esi azã la wu enu la, edzilawo dze mɔ trɔ yina Nazaret, gake Yesu ɖevi la tsi Yerusalem. Edzilawo zɔ mɔ ŋkeke ɖeka, gake womedii o, 44 elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe. Ke esi fiẽ ɖo, eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome. 45 Wodii ʋuu, gake womekpɔe o, ale wotrɔ yi Yerusalem be yewoadii le afi ma.
46 Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me le sefialagãwo dome wònɔ biabia sesẽwo me dzrom kpli wo. 47 Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta.
48 Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ nɛ be, "Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi."
49 Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, "Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?" 50 Edzilawo mese nya si wògblɔ na wo la gɔme o.
51 Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me. 52 Yesu tsi ɖe edzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ me.