Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 24

Le Emaus dzi

13 Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilomita wuiɖekɛ ene. 14 Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti. 15 Esi wonɔ dzea ɖom nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wòde asi zɔzɔme kpli wo. 16 Gake womekpɔe dze si o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe ŋkuwo dzi.

17 Yesu bia wo be, "Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya aɖe ŋutɔ si dzɔ."

Mɔzɔla eveawo tsitre, eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui wo ŋutɔ. 18 Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa la ɖo Yesu ƒe biabia ŋu be, "Ɖewohĩ ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si dzɔ le Kɔsiɖa si va yi me la o."

19 Yesu gabiae be, "Nya kae dzɔ?"

Ŋutsua ɖo eŋu be, "Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la, ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume. 20 Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia . Ale Roma dziɖuɖua tso kufia , eye woklãe ɖe ati ŋu. 21 Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Kristo ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi. 22 Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na . Woyi yɔdoa to fɔŋli sia 23 gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na be yewokpɔ ŋutega, eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me wogblɔ na yewo be ele agbe. 24 Mía aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake, ke woawo kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene."

25 Yesu gblɔ na wo be, "Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! 26 Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?" 27 Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.

28 Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta 29 woɖe kuku be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu nake, elabena do keŋ. Ale Yesu ̃, eye wòyi woƒe aƒe me.

30 Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo. 31 Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu, eye enumake wòbu le wo gbɔ. 32 Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, "Mèkpɔe be míaƒe dziwo dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na le mɔa dzi oa?"

33 Enumake wogatso dze ɖo ta Yerusalem, eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo kple Yesu yomedzela bubuwo. 34 Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, "Aƒetɔ la tsi tsitre vavã! Eɖe eɖokui fia Simɔn!" 35 Ŋutsu eve siwo tso Emaus la gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo.

Veja também