Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 5

Wobia nya Yesu tso nutsitsidɔ ŋu

33 Ameawo gayi edzi bia Yesu be nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo wɔnɛ ene o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe .

34 Ke Yesu bia wo be, "Ne wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe nuɖuɖu le esime srɔ̃la ŋutɔ li kpli wo mahã? 35 Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃la adzoe le ameawo gbɔ, eye ne edzɔ alea la, woatsi nu le ɣeyiɣi ma me."

Veja também