Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 6

Ŋutsu aɖe si tsitsi asi na

6 Le Dzudzɔgbe bubu gbe esi wònɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, ekpɔ ame aɖe si tsitsi asi na la le afi ma. 7 Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi . Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

8 Yesu nya nu si bum ame siawo xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, "Tso va tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ ." Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ ene.

9 Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, "Biabia aɖe le asinye na mi. Ɖe woɖe be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi loo alo woawɔ ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?"

10 Etsa ŋku le wo katã dzi ɖekaɖeka, eye wògblɔ na ŋutsua be, "Dzɔ asi." Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo.

Veja também