Pular para o conteúdo
Publicidade

Luka 7

Yesu gbɔ agbe ahosi aɖe ƒe viŋutsu le Nain

11 Le esia megbe la, Yesu yi du aɖe si woyɔna be Nain la me. Eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha aɖe kplɔe ɖo heyi. 12 Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ be wotsɔ ame kuku aɖe le go domi. Ame si ku woyina ɖiɖi ge la nye viŋutsu akogo si dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii.

13 Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu nublanui ŋutɔ, eya ta egblɔ be, "Mègafa avi o!" 14 Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu, eye wotɔ asii, enumake ame siwo tsɔ aɖaka la ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na ame kukua be, "Ɖekakpui, tsi tsitre."

15 Enumake ɖekakpui la henɔ alinu, eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa.

16 Vɔvɔ̃ aɖe ɖo ameawo, eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, "Nyagblɔɖila aɖe le mía dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ le egbeŋkeke sia dzi."

17 Nukunu si Yesu gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa katã kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me.

Veja também