Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 8

49 Le esime Yesu nu ƒom na nyɔnu la la, ame aɖe tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, "Viwò la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàgaɖe fu na Nufiala la o."

50 Esi Yesu se nya si amea tsɔ la, egblɔ na ɖevia fofo be, "Mègavɔ̃ o! ya se ko, ekema viwòa agagbɔ agbe."

51 Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe si me ɖevia le kple ye o negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia fofo kple dadaa ko. 52 Aƒea me ŋutɔ fũu kple konyifala siwo avi fam. Yesu gblɔ na wo be, "Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!"

53 Nya sia ɖi kokoe na ameawo, elabena wonya nyuie be ɖevia ku. 54 Azɔ Yesu ɖe ɖevia dzi le xɔa me, eye wòlé eƒe alɔnu heyɔe gblɔ be, "Vinye tsi tsitre." 55 Eye eƒe gbɔgbɔ gagbugbɔ, eye enumake wòtsi tsitre kpla. Yesu gblɔ na ameawo be, "Mina nanee wòaɖu!" 56 Dzi dzɔ ɖevia dzilawo ŋutɔ. Ke Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.

Veja também