Pular para o conteúdo
Publicidade

Lucas 9

27 "Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!"

Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ le to dzi

28 Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi, afi si wòɖo be yeado gbe ɖa le. 29 Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia. 30 Ŋutsu eve, Mose kple Eliya 31 wodo kple ŋutikɔkɔe aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu.

Veja também