25 " ‘Ne gbɔtotsitsi la xɔ ɣeyiɣi wu ale si wòxɔna tsã alo wòva le ɣeyiɣi trama aɖe dzi le ɣletia me la, ekema nyɔnu la ŋuti mekɔ o, zi ale si ʋu la le dodom abe ale si wònɔna ne wòɖo asi anyi ene. 26 Esia fia be nu sia nu si dzi wòamlɔ le ɣeyiɣi ma me la ŋu makɔ o, abe ale si wòanɔ le eƒe gbɔtotsitsi ŋutɔ me ene. Nenema ke nu sia nu si dzi wòanɔ hã ŋu mekɔ o. 27 Ame sia ame si ka asi eƒe abati alo nu si dzi wònɔ ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.