Publicidade

Marcos 6

Nugbegbe le Yesu gbɔ le Nazaret

1 Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le nuto ma me yi Nazaret si nye ededu me. 2 Le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi la, eyi ƒuƒoƒe la ɖafia nu, eye ame geɖe siwo se eƒe nufiafia la ƒe nu ku.

Wobia be, "Afi ka ame sia nu siawo tsoe? Nunya ka tɔgbi wonae be wòte ŋu le nukunu siawo wɔm! 3 Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo le mía dome oa?" Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ.

4 Yesu gblɔ na wo be, "Bubu menɔa nyagblɔɖila aɖeke ŋu le eya ŋutɔ ƒe dedu me, amewo dome kple eya ŋutɔ ƒe aƒe me o." 5 Le ameawo ƒe dzimaxɔse ta la, mete ŋu nukunu gãwo le wo dome o, asi ko wòda ɖe dɔléla ʋɛ aɖewo dzi heyɔ wo. 6 Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ale wòdzo ɖatsa le kɔƒewo me nu fiam amewo.

Yesu eƒe nusrɔ̃la wuieveawo

7 Yesu eƒe nusrɔ̃la wuieveawo, eye wòdɔ wo eveve hena ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ ̃wo do goe le amewo me.

8 Egblɔ na wo be, "Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, negbe atizɔti ko. Migatsɔ nuɖuɖu, mɔzɔkotoku alo ga ɖe asi o. 9 Migatsɔ afɔkpa eve alo awu eve teti o. 10 Midze aƒe ɖeka ko me le kɔƒe ɖe sia ɖe me; miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o. 11 Nenye be kɔƒe aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, miʋuʋu ke si ɖe afɔƒome na mi la ɖi, eye miadzo. Esia nye ɖase be miegblẽ teƒe la ɖi be nu sia nu si adzɔ ɖe edzi la nadzɔ faa."

12 Nusrɔ̃lawo dze henɔ nu xlɔ̃m ame sia ame si wodo goe le mɔa dzi la be wòatrɔ dzime. 13 Wonya gbɔgbɔ ̃wo le amewo me, eye wosi ami na dɔnɔwo heda gbe le wo ŋu.

Herod wu Yohanes Mawutsidetanamela

14 Fia Herod se Yesu ŋkɔ, elabena ame sia ame nu ƒom tso nukunu siwo katã wɔm wònɔ la ŋu. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, elabena amewo le gbɔgblɔm be, "Yohanes Mawutsidetanamelae , eya ta wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo."

15 Ame aɖewo bu be Yesue nye Eliya, Mawu ƒe Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖeka, si gava dzɔ, eye ɖewo bu be Yesue nye Mawu ƒe Gbeƒãɖela yeye si si ŋusẽ le abe esiwo anyi va yi la ene.

16 Ke Herod ya gblɔ kple kakaɖedzi be, "Yohanes, ame si nu metso ta le la kokokoe tso me."

17 Herod sia nye ame si asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ la ta, 18 elabena Yohanes gblɔ na Herod be, "Se meɖe be nàxɔ nɔviwò srɔ̃ aɖe o." 19 Le esia ta Herod di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o, 20 elabena Herod tsɔ bubu geɖe na Yohanes le eƒe ame ɖɔʋu kple ame kɔkɔenyenye ta, eya ta etsɔe de eya ŋutɔ ƒe dzikpɔkpɔ te. Nenye be Herod kple Yohanes wole dze ɖom la, nya siwo Yohanes gblɔna la ɖea fu na Herod ƒe susu ŋutɔ, gake zi geɖe la, edina kokoko be yeaɖo dze kplii.

21 Mlɔeba la, Herod va kpɔ mɔnu aɖe si dzi wòato awu Yohanes. Herod ƒe dzigbezã ɖo, eye wòɖo kplɔ̃ na eƒe kpeɖeŋutɔwo, ame siwo nye asrafowo ƒe amegãwo kple ame ŋkuta, siwo tso Galilea la le fiasã la me. 22 Eva dzɔ be Herod ƒe vinyɔnu va ɖu ɣe na ame kpekpeawo. Eƒe ɣeɖuɖu do dzidzɔ na ame sia ame ŋutɔ.

Le esia ta fia la gblɔ na nyɔnuvi la be, "Bia nu sia nu si nèdi tso asinye la, mana ." 23 Eka atam be, "Nu sia nu si nàbia la, matsɔe na ; nenye nye fiaɖuƒe la ƒe afã nèbia la, mana ."

24 Nyɔnuvi la yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la . Dadaa gblɔ be, "Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta."

25 Nyɔnuvi la gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ be, "Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ nam."

26 Nya sia ve fia la ŋutɔ, gake anye ŋukpe be wòada le atam si wòka la dzi le eƒe ame kpekpeawo ŋkume, 27 eya ta eɖo asrafo si le eŋu dzɔm la ɖa be wòayi aɖatso ta le Yohanes nu atsɔ na ye. Asrafo la yi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ la me 28 hetsɔ de agba me na nyɔnuvi la, eye wòtsɔe yi na dadaa. 29 Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu si dzɔ la, woyi ɖaxɔ eƒe kukua ɖaɖi.

Yesu nyi ame akpe atɔ̃

30 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ tso woƒe mɔzɔzɔ la gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã wowɔ, nya siwo katã wogblɔ kple teƒe siwo katã wode la . 31 Yesu se nya siawo keŋ, eye wòɖo aɖaŋu na wo be, "Mina míadzo le amehawo dome vie aɖadi teƒe aɖe anɔ adzudzɔ sẽe." Elabena ame geɖewo ŋutɔ wo gbɔ vam henɔ dzodzom, ale be ɣeyiɣi meli woaɖu nu o.

32 Ale wodzo le teƒe sia kple ʋu heyi teƒe aɖe si zi ɖoɖoe wu, 33 gake ame geɖewo gakpɔ wo xoxo, wonya afi si yim wonɔ, eya ta woƒu du dze ŋgɔ na wo, ƒua nu yi ɖakpe wo esi woɖi le ʋu la me teti ko. 34 Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha aɖe gava kpe Yesu le afi sia. Ameawo ƒe nu nublanui ŋutɔ, elabena wole abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Efia nu geɖe siwo wòle be woanya la wo.

35 Le ɣetrɔ me la, eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ be, "Teƒe sia tso abo, evɔ le dodom, 36 eya ta gblɔ na ameawo be woayi kɔƒe kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu na wo ɖokuiwo."

37 Gake Yesu gblɔ na wo be, "Miawo mina nuɖuɖu wo."

Nusrɔ̃lawo biae be, "Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home aɖe."

38 Yesu bia wo be, "Nuɖuɖu agbɔsɔsɔ ka sinue le mia si? Miyi miakpɔe ɖa."

Woyi gbɔ va gblɔ be, "Abolo atɔ̃ kple tɔmelã meme eve koe li."

39 Yesu gblɔ na wo be woana ameawo nanɔ anyi ɖe ƒuƒoƒowo me le gbe dama la dzi. 40 Ale ameawo anyi ɖe hatsotso alafawo kple blaatɔ̃wo me. 41 Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ la kple tɔmelã meme eve la, eye wòwu mo dzi, heda akpe ɖe wo ta. Eŋe aboloawo me, eye wòtsɔ wo kple tɔmelãwo na nusrɔ̃la ɖe sia ɖe be wòaɖo ameawo ƒe akɔme. 42 Ameawo ɖu nu la ale gbegbe be woɖi ƒo wu ale si hiã, 43 eye esi nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kple tɔmelã kakɛ siwo susɔ la, woyɔ kusi wuieve. 44 Ke ŋutsu siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000).

Yesu Atsiaƒu dzi

45 Le nuɖuɖu la nana ameawo megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado ameha la woayi aƒe me. 46 Le esia megbe la, Yesu yi togbɛ aɖe dzi be yeado gbe ɖa.

47 Le me esi tɔdziʋua ɖo ƒu la ƒe titina la, eya ɖeka susɔ ɖe gota. 48 Yesu ɖeka godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si ƒoƒom la fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene, 49 gake wo katã wokpɔe wònɔ zɔzɔm le ƒu la dzi, eya ta wodo vɔvɔ̃ɣli, elabena wobu be ŋɔlie. 50 Gake eƒo nu gblɔ na wo enumake be, "Miaƒe dzi nedze eme. Nyee, migavɔ̃ o."

51 Azɔ ege ɖe ʋu la me, eye yaƒoƒo la . Nusrɔ̃lawo katã ƒe nu ku ŋutɔ, 52 elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o. Gawu la, womese nukunu si wòwɔ le ɣetrɔ ma gɔme o, elabena woƒe dzi me sẽ.

Yesu dɔlélawo le Genesaret

53 Wotso ƒu la va ɖi go ɖe Genesaretnyigba dzi, eye wotɔ ʋu la. 54 Ke esi wodo go le eme la, ame siwo afi ma la kpɔ Yesu dze sii enumake, 55 eya ta woƒu du ɖagblɔe na ame siwo katã le nuto la me be Yesu va ɖo. Ale amewo dɔnɔwo ɖe abawo dzi va egbɔ. 56 Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe, eye woɖea kuku be woaka asi eƒe awu ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame siwo katã ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽna.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-