11 gake miawo la, miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na fofoa alo dadaa si hiã nane la be, nu si wòle be matsɔ na wò la nye kɔban (esi gɔmee nye, metsɔe na Mawu). 12 Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ la na fofoa alo dadaa o. 13 Ale miegbe Mawu ƒe nya, eye miewɔna ɖe miaƒe kɔnyinyi, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea."
14 Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, "Mi katã miɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme. 15 Naneke meli si tsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la, woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. [