17 Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?"
18 Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe ta me, eya ta ebia wo be, "Mi alakpanuwɔlawo! Ame ka miedi be yewoatre mɔ na kple miaƒe ayebiabia sia? 19 Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ." Eye wotsɔ Roma ga ɖeka va fiae. 20 Azɔ ebia wo be, "Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi, eye ame ka ƒe ŋkɔe le ete?"
21 Woɖo eŋu nɛ be, "Kaisaro tɔe."
Yesu gblɔ na wo be, "Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu."