51 Eye kpɔ ɖa, xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã, 52 eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ƒe ŋutilã gagbɔ agbe. 53 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me, eye woyi ɖe du kɔkɔe la me, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le.
54 Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, "Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã."