Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 4 11:11-17

11 Mose gblɔ na Yehowa be, "Nu ka ta mève nu nye eye nètiam be yeadro dukɔ sia tɔgbi ƒe agba ɖe dzinye? 12 Vinyewo wonyea? Nyee nye wo fofoa? Nu sia tae nède dɔ asi nam be makpɔ wo dzi abe vidzĩwo ene va se ɖe esime míaɖo anyigba si ŋugbe nèdo na mía tɔgbuiwo la dzia? 13 Afi ka makpɔ lã tsoe ana ame siawo katã? Wole avi fam nam le gbɔgblɔm be, ‘Na lã mí’ 14 Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ sia ƒe nyawo o. Agba la kpe nam akpa! 15 Nenye aleae nàwɔm la, ekema meɖe kuku, wum fifi laa, eye wòanye nunyee nève boŋ! Ɖem tso nye xaxa dziŋɔ sia me!"

16 Tete Yehowa gblɔ na Mose be, "Na Israelviwo ƒe ametsitsi blaadre naƒo ƒu ɖe nye ŋkume. Kplɔ wo va agbadɔ la me, eye woatsi tsitre ɖe afi ma kpli wò. 17 Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afi ma. Maɖe Gbɔgbɔ si le dziwò la ƒe ɖe le dziwò ada ɖe woawo hã dzi. Woatsɔ dukɔ la ƒe agba akpe ɖe ŋuwò ale be dɔdeasi la maganɔ wò ɖeka ko dzi o.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.