30 Tete Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume, eye wògblɔ be, "Mina míayi aɖaxɔ anyigba la, elabena míate ŋui xoxoxo."
31 Ŋkutsala bubuawo gblɔ be, "Miate ŋu aɖadze wo dzi o, elabena wosesẽ wu mi." 32 Ale wokaka nutsotso gbegblẽ ɖe Israelviwo dome tso anyigba si dzi wotsa ŋku le la ŋuti. Wogblɔ na ameawo be, "Anyigba si dzi míetsa ŋku le la le edzinɔlawo mim. Ame siwo katã míekpɔ la nye ame dzɔatsuwo. 33 Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe."