Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 4 14:1-9

Israelviwo ƒe aglãdzedze

1 Israelviwo katã de asi avifafa me sesĩe. Wofa avi zã blibo la. 2 Israelviwo katã lĩ liʋĩliʋĩ ɖe Mose kple Aron ŋu, eye ame haho la katã gblɔ na wo be, "Ɖe míeku ɖe Egipte la, anye ne enyo wu alo ɖe gbedzi afi sia la, ne enyo ŋutɔ! 3 Nu ka ŋuti Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi be míatsi yi nu? Mía srɔ̃nyɔnuwo kple mía viwo azu nuhaha. Ɖe manyo wu ne míagbugbɔ ayi Egipte oa?" 4 Wogblɔ na wo nɔewo be, "Mina míatia kplɔla si akplɔ mí míatrɔ ayi Egipte!"

5 Tete Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi ɖe Israelvi siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma la ƒe ŋkume. 6 Yosua, Nun ƒe vi kple Kaleb, Yefune ƒe vi, ame siwo nɔ ŋkutsalawo dome, tsa ŋku le anyigba la dzi la, dze woƒe awuwo, 7 hegblɔ na Israel ha blibo la be, "Anyigba si dzi míeto hetsa ŋku le la nyo ŋutɔ. 8 Nenye be míaƒe nu nyo Yehowa ŋu la, akplɔ mí ayi ɖe anyigba ma dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le, eye wòatsɔe ana mí. 9 Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.