Hosea dzra eya kple srɔ̃a dome ɖo
1 Yehowa gblɔ nam be, "Yi nàkplɔ srɔ̃wò agbɔe, eye nàlɔ̃e, togbɔ be ame bubu le elɔ̃m, eye wòwɔ ahasi hã, elabena Yehowa galɔ̃ Israel kokoko, togbɔ be edzo yi ɖe mawu bubuwo gbɔ, eye wòlɔ̃ waintsetsebolo hã."
2 Ale megbugbɔ ƒlee tso eƒe kluvinyenye me kple klosalo wuiatɔ̃ kple lu agba alafa ɖeka blaatɔ̃. 3 Megblɔ nɛ be, "Ele be nànɔ gbɔnye ŋkeke geɖe; mègado go kple ŋutsu bubuwo alo awɔ gbolo o, ekema manye tɔwò ɖaa."