6 Mawu na amenuveve ƒe nunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nàgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nàgblɔ nya ɖi ɣe sia ɣi si nàte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu, ale be nàte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ. 7 Ne wò nunanae nye be nàsubɔ ame bubuwo la, ekema nàsubɔ wo nyuie. Ne ènye nufiala la, nàfia nu nyuie. 8 Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nàkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu, eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la, tsɔe nyo dɔ me, eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò, eye wòna be nàkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nàlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo la be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe.