Ajuda para casais
Deus fortalece casamentos. A Bíblia oferece sabedoria prática para casais: comunicar com verdade, perdoar com graça, servir com amor e buscar a Deus juntos.
Amor e respeito
Maridos, amai vossas mulheres. Mulheres, respeitem seus maridos. O amor mútuo edifica o casamento.
Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta,
Ke hã la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu hã nade bubu srɔ̃a ŋuti.
Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si lɔ̃a srɔ̃a la, lɔ̃a eɖokui. Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na hame la ene,
Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye.
Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o. Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o.
Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo.
Miɖe asi le dɔmedzoedodo helĩhelĩ, dziku, dzrewɔwɔ, ameŋugbegblẽ, fuléle kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.
União e fidelidade
O que Deus ajuntou não separe o homem. Eu e minha casa serviremos ao Senhor. A fidelidade é alicerce do casamento.
Esia ta womeganye ame eve o, ke boŋ ame ɖeka, eya ta nu si ke Mawu bla la, amegbetɔ aɖeke megama eme o."
Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!"
Ame sia ame nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu eye womaƒo ɖi srɔ̃ɖeba o, elabena Mawu abu fɔ ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo katã.
Ɖoɖo hena kristotɔwo ƒe aƒemegbenɔnɔ
Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi. Eye mi srɔ̃ŋutsuwo hã la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye mialé be na wo, eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o.
Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me. Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi.
Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo. Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.
Perdão e paciência
Sede bondosos e compassivos uns com os outros. O amor é paciente, benigno. Permanece e persevera.
Lɔlɔ̃ gbɔa dzi ɖi blewuu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ mebiã ŋu hã o; meƒoa adegbe o, eye medana o. Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o, eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔ me o, eye medea dzesi nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o. Lɔlɔ̃ medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ le nyateƒe la me. Lɔlɔ̃ menaa ta o, ekana ɖe nu dzi ɣe sia ɣi, ekpɔa mɔ ɣe sia ɣi, eye wòdoa vevi nu ɣe sia ɣi.
Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o. Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o.
Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ. Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o.
Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.
Miganye ɖokuitɔdilawo o; migawɔ nu be miadze ame bubuwo ŋu o. Mibɔbɔ mia ɖokuiwo, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu mi. Tɔnye ko nenyo meganɔ mia me o; ke boŋ mibu ame bubuwo hã ŋuti, eye miatsɔ ɖe le nu si wɔm wole la me.
Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.
Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi.
Ame si si srɔ̃nyɔnu su la ke ɖe nu nyui ŋu
eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.