Arca de noé
A arca de Noé é história de salvação e fidelidade. Deus instruiu Noé a construir a arca para salvar sua família e os animais do dilúvio — exemplo supremo de obediência e fé.
Ale Mawu gblɔ na Noa be, "Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa. Tsɔ dzati kpa aɖakaʋu, eye nàsi aŋɔ nɛ. Wɔ yaxɔƒewo ɖe eŋu kpe ɖo, eye nàwɔ nudzraɖoƒewo ɖe eme ƒe afi sia afi. Na wòadidi mita alafa ɖeka blaene (140), akeke mita blaeve-vɔ-etɔ̃, akɔkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi.
Yehowa gblɔ na Noa be, "Yi aɖakaʋu la me kple wò ƒometɔwo katã, elabena le anyigbadzinɔlawo katã dome la, wò koe nye ame dzɔdzɔe le nye ŋkume.
Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu.
Lã ɖuɖua kple lã maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple lã siwo katã tana la, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me abe ale si Mawu ɖo na Noa ene.
Le ŋkeke adre megbe la, tsi dza ɖe anyigba la dzi.
Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu.
Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi. Esi tsi la nɔ ɖɔɖɔm ɖe edzi, eye wònɔ aɖakaʋu la dom ɖe dzi ɣe sia ɣi wu tsã la, aɖakaʋu la nɔ dedie le tsi la dzi.
Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe.
Tsi la de asi miemie me vivivi le anyigba dzi. Le ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsi la mie keŋ, eye le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe la, aɖakaʋu la va tɔ ɖe Ararat toawo tame.
Le ŋkeke blaene bubu megbe la, Noa ʋu aɖakaʋu la ƒe fesre ɖeka, eye wòɖe asi le akpaviã ɖeka ŋu. Akpaviã la dzo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime anyigba ƒu. Noa ɖo ahɔnɛ aɖe ɖa be ate ŋu akpɔ anyigba ƒuƒui mahã. Ke ahɔnɛ la mekpɔ anyigba ƒuƒui aɖeke, afi si wòadze ɖo o, ale wòtrɔ gbɔ, elabena tsi ganɔ anyigba dzi ko. Ale Noa do asi ɖa, eye wòlé ahɔnɛ la gade aɖakaʋu la me.
Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu. Azɔ la, ahɔnɛ la trɔ gbɔ le fiẽ me, eye wòlé amitiŋgba ɖe nu. Ale Noa dze sii be esusɔ vie tsi la namie keŋkeŋ. Egaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu le kɔsiɖa ɖeka megbe, eye ahɔnɛ la megatrɔ gbɔ o.
Ŋkeke blaeve-vɔ-asiekɛ va yi. Noa ʋu aɖakaʋu la, eye wòkpɔ be tsi la mie keŋkeŋ azɔ.
Tete Mawu gblɔ na Noa be, "Wò kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo mido le aɖakaʋu la me. Ɖe nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe si le gbɔwò: xeviawo, lãawo kple nu gbagbe siwo tana la katã do go le aɖakaʋu la me, ale be woagate ŋu adzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi."
Mawu gblɔ na Noa kple via ŋutsuwo be, "Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe si nɔ gbɔwò, xeviawo, aƒemelãawo, lã wɔadãawo katã, nu sia nu si do go tso aɖakaʋu la me kple wò, nu gbagbe ɖe sia ɖe si le anyigba dzi. Mebla nu kpli wò. Tsiɖɔɖɔ magatsi agbe nu na nu gbagbewo azɔ o. Tsi magaɖɔ, agatsrɔ̃ anyigba akpɔ o.
Metsɔ nye anyieʋɔ de lilikpowo me abe nye nubabla ƒe dzesi na wò kple anyigbadzitɔwo katã ene va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.
To xɔse me esi woxlɔ̃ nu Noa tso nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋuti la etsɔ vɔvɔ̃ kɔkɔe kpa aɖakaʋu be wòaɖe eya kple eƒe ƒomea. To eƒe xɔse me wòbu fɔ xexea me, eye wòzu dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la ƒe domenyila.
ame siwo sẽ to le blema, le esime Mawu lala le dzigbɔɖi blibo me, le Noa ƒe ɣeyiɣiwo me, esi wònɔ aɖakaʋu la kpam. Ame ʋɛ aɖewo, ame siwo ƒe xexlẽme nye enyi ko woɖe le tsiɖɔɖɔ la me. Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me, ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.
"Abe ale si wòdzɔ le Noa ŋɔli ene la, nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vava ɣeyiɣi me. Elabena le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, ameawo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom, nɔ srɔ̃ ɖem, eye wotsɔa ame nana be woaɖe va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me, eye womenya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o va se ɖe esime tsiɖɔɖɔ la va, eye wòkplɔ wo katã dzoe. Nenema wòanɔ le Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi.
"Ame eve anɔ agble me anɔ dɔ wɔm, woava akplɔ ɖeka adzoe agblẽ ɖeka ɖi. Nyɔnu eve anɔ bli tum le te dzi, woatsɔ ɖeka agblẽ evelia ɖi.