Arrependimento
O arrependimento é a porta da graça. A Bíblia declara que Deus não deseja a morte do ímpio, mas que se converta e viva. Arrependei-vos, pois o Reino dos Céus está próximo.
Chamado ao arrependimento
Arrependei-vos, porque o Reino dos Céus está próximo. Quem se arrepende e confessa encontra restauração e perdão.
Tso esia dzi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me be, "Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ne miatrɔ ɖe Mawu ŋu, elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo!"
Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzi me vavã.
Ke miyi miasrɔ̃ nu si gblɔm mawunya sia le la be, ‘Nublanuikpɔkpɔe medi, ke menye vɔsa o.’ Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo."
Eɖe gbeƒã be, "Ɣeyiɣi la de azɔ! mawufiaɖuƒe la gogo! Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu."
Gbeɖe, mele eme nenema o! Miawo hã minya be yewoatsrɔ̃ alea ke nenye be miegbe be yewomatrɔ dzi me o.
Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ko, hena dzimetɔtrɔ."
Petro ɖo eŋu na wo be, "Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Ke azɔ la, nɔviwo, mitrɔ dzi me, miatrɔ ɖe Mawu ŋu, be wòatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, eye miaxɔ fafa tso aƒetɔ la gbɔ,
Tsã la, Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be ame sia ame natrɔ dzi me asubɔ ye ɖeka ko,
A graça do arrependimento
Os que eu amo, eu repreendo e disciplino. Arrepende-te! Deus não quer que nenhum se perca — mas que todos cheguem ao arrependimento.
Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na wò, negbe ɖeko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.
Aƒetɔ la mele wɔwɔm blewublewu le eƒe ŋugbedodo la me abe ale si ame aɖewo se blewu gɔmee ene o. Egbɔ dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzi me.
Elabena nyemekpɔa dzidzɔ le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o. Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
ekema ne nye dukɔ, ame siwo ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo abɔbɔ wo ɖokui, ado gbe ɖa, adi nye ŋkume eye woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, mase woƒe gbedodoɖa le dziƒo, matsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo eye mayɔ dɔ woƒe anyigba.
Hezekia ɖo du ɖe Israel kple Yuda blibo la eye wòŋlɔ agbalẽwo hã ɖo ɖe Efraim kple Manase toawo, nɔ wo kpem be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem eye woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Fia la kple eƒe dziɖulawo kple ameha blibo la si nɔ Yerusalem ɖo tame be yewoaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti evelia me. Womete ŋu ɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe o elabena nunɔla siwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu la mesɔ gbɔ o eye ameawo mekpe ta ɖe Yerusalem o. Fia la kple eƒe aɖaŋudelawo katã lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o.
Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be,
"Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu. Miganɔ abe mia nɔviwo, ame siwo wɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ŋu eye wòtsrɔ̃ wo la ene o. Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi. Ne miegatrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu la, ame siwo ɖe aboyo mia nɔviwo kple mia viwo la, akpɔ nublanui na wo eye woagate ŋu atrɔ agbɔ va anyigba sia dzi elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee eya ta magble mí ɖi, ne míetrɔ ɖe eŋu o."
Ale dɔlawo tsa le duwo katã me le Efraim kple Manase kple Zebulon. Ke enuenu la, ameawo xɔa wo kple nukoko kple vlodoame! Ke ame aɖewo ya tso Aser, Manase kple Zebulon ƒe viwo dome trɔ ɖe Mawu ŋu eye wova Yerusalem. Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene.
Ale ameha gã aɖe va kpe ta ɖe Yerusalem le ɣleti evelia me hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Wogbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo kple dzudzɔdovɔsamlekpuiwo katã le Yerusalem eye wolɔ woƒe gbagbãwo yi ɖakɔ ɖe Kidron tɔʋu la me.
Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me. Wotsi tsitre ɖe woƒe nɔƒewo abe ale si Mose, Mawu ƒe ame la, ƒe sewo ɖo na wo ene. Levitɔwo tsɔ vɔsalẽwo ƒe ʋu na nunɔlawo eye wohlẽe.
Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa. Hekpe ɖe esia ŋu la, ame siwo tso Efraim, Manase, Isaka kple Zebulon ƒe hlɔ̃wo me va la, dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋuti o ale womenɔ Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum nyuie ɖe se la nu o. Fia Hezekia do gbe ɖa ɖe wo ta be, "Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, le wò dɔmenyo ta la, tsɔ nu vɔ̃ ke ame siwo le subɔwòm kple woƒe dzi blibo togbɔ be womekɔ wo ɖokuiwo ŋu o hã." Yehowa se Hezekia ƒe gbedodoɖa eye metsrɔ̃ ameawo o.
Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ gã. Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe.
Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.
Ameawo gayi vividodo ɖe ŋkekenyui la ŋu dzi eya ta wo katã woɖoe be yewoagayi ŋkekenyui la ɖuɖu dzi ŋkeke adre bubu. Fia Hezekia na nyitsu akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe adre (7,000) ameawo eye fiaviŋutsuwo hã na nyitsu fɛ̃ akpe ɖeka (1,000) kple alẽ akpe ewo (10,000). Nunɔla geɖewo kɔ wo ɖokuiwo ŋu ɣe ma ɣi. Yudatɔwo, nunɔlawo, Levitɔwo kple amedzrowo kple ame siwo tso Israelnyigba dzi va la kpɔ dzidzɔ gã aɖe. Eva eme alea elabena womegaɖu ŋkekenyui sia tɔgbi kpɔ alea le Yerusalem le Solomo, Fia David ƒe vi ƒe ŋkekewo megbe o. Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo.
Midze miaƒe dziwo,
menye miaƒe awuwo o.
Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la
ŋu, elabena amenuveve
kple nublanuikpɔkpɔ bɔ ɖe esi.
Medoa dziku kabakaba o,
eƒe dɔ me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o.
Le ɣleti enyilia me le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, gbe tso Yehowa gbɔ va na Nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be,
"Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie, eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!’ Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.’ Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o. Afi ka mia fofowo le fifia, eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔa agbe tegbea? Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa?
"Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ "
Le ɣleti wuiɖekɛlia si nye Sebat ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi.
Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe.
Mebia be, "Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?"
Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la ɖo eŋu nam be, "Mafia nu si wonye la wò."
Tete ame si tsi tsitre ɖe amitiawo dome la ɖe eme nam be, "Woawoe nye ame siwo Yehowa dɔ be woatsa le anyigba blibo la dzi."
Wova gblɔ na Yehowa ƒe dɔla, ame si nɔ tsitre ɖe amitiawo dome la be, "Míetsa le anyigba blibo la dzi, eye dzidzedze kple ŋutifafa le afi sia afi."
Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, "O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?" Yehowa ɖo eŋu na mawudɔla si le xanye la hegblɔ akɔfanyawo kple dzideƒonyawo nɛ.
Tete mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la gblɔ be, "Ɖe gbeƒã nya sia: ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu ŋutɔ, ke mekpɔ dɔmedzoe vevie ɖe dukɔ siwo susu be yewole dedie la ŋuti. Ke dɔmedzoe vi aɖe ko mekpɔ, gake woawoe he dzɔgbevɔ̃e la vɛ.’
"Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
"Yi edzi, nàɖe gbeƒã be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Nye duwo agagbagba kple dzidzedze, Yehowa agafa akɔ na Zion, eye wòagatia Yerusalem.’ "
Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ lãdzo ene le nye ŋkume. Mebia mawudɔla la be "Nu kawoe nye esiawo?"
Eɖo eŋu nam be, "Woawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem."
Yehowa gaɖe gbede ene fiam. Mebia be, "Nu ka wɔ ge wogbɔna?"
Eɖo eŋu nam be, "Esiawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu afɔ ta dzi o. Ke gbedeawo va be woado ŋɔdzi na wo, eye woatsɔ dukɔwo ƒe lãdzo siawo aƒu ame siwo kɔ woƒe dzowo dzi ɖe Yudanyigba ŋu be yewoakaka eƒe amewo la anyi."
Nu medzea edzi na ame si ɣla eƒe nu vɔ̃ o,
ke wokpɔa nublanui na ame si ʋu eƒe nu vɔ̃wo me
eye wògbe nu le wo gbɔ.
Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la,
anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi
eye mena mienya nye susuwo.
Confissão e restauração
Se confessarmos, Ele é fiel e justo. Há alegria no céu por um pecador que se arrepende — o arrependimento abre o caminho da vida.
Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.
"Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o.
Nenema kee mawudɔlawo kpɔa dzidzɔe nenye be nu vɔ̃ wɔla ɖeka trɔ dzi me."
Mite ɖe Mawu ŋu kpokploe, eye eya hã atsɔ ɖe mia gbɔ. Mi, nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ miaƒe asiwo, eye mi ame siwo nye dzi eve me susulawo la, miklɔ miaƒe dziwo me.