Autocontrole
O autocontrole é fruto do Espírito e virtude indispensável. A graça de Deus nos ensina a renunciar à impiedade e a viver com sobriedade, domínio próprio e piedade no mundo presente.
Fruto e virtude
O domínio próprio é fruto do Espírito. Acrescentai ao conhecimento o autocontrole. A disciplina interior produz maturidade.
Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o.
Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe dɔmenyonyo ŋu, ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedze ŋu, vevidodo nu nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe vevidodo nu ŋu; dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu.
Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã. Efia mí be míagblɔ "Ao" na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me,
elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.
ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvie ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o, le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi.
Ame sia ame si di be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe me la toa hehexɔxɔ sesẽwo me. Wowɔa esia be woaxɔ dziɖuɖukuku si gblẽna; ke míawo la, míekea duɖime be míaxɔ dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ.
Miɖo ŋku edzi be susu vɔ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae hã be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.
Dominar a si mesmo
Melhor é quem domina o seu espírito do que quem toma uma cidade. A cidade sem muros é quem não tem autocontrole.
Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ,
ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du.
Ame si meɖua eɖokui dzi o la
le abe du si ŋu wogbã gli le la ene.
Bometsila ɖea eƒe dziku katã fiana,
ke nunyala ɖua eɖokui dzi.
Mègadze ɖe ɖusime alo miame o,
eye ɖe wò afɔ ɖa le vɔ̃ me.
Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka,
ke nunyala doa toku dzudzu.
Ku kple agbe ƒe ŋusẽ le aɖe si,
eye ame siwo lɔ̃e la aɖu eƒe kutsetse.
Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.
Nya la sese kple edziwɔwɔ
Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dɔmedzoedodo me,
Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.
eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava, eye mianɔ mo xexi.
"Mebla nu kple nye ŋku be
megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.
Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o, ke boŋ miaxɔ fetu si de blibo.