Pular para o conteúdo
Publicidade

Domínio próprio

Por Bíblia Online

O domínio próprio é fruto do Espírito e marca de maturidade espiritual. A Bíblia ensina que quem governa o próprio espírito é melhor do que quem conquista uma cidade.

Fruto do Espírito

O fruto do Espírito inclui domínio próprio. A graça de Deus nos ensina a viver de maneira sóbria e justa neste mundo.

Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o.

Elabena Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖe vanɛ la do na amewo katã. Efia be míagblɔ "Ao" na mawumavɔmavɔ̃ kple xexemenudzodzrowo, eye míanɔ agbe le ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye kple mawuvɔvɔ̃ me le fifixexea me, esi míele lalam na yayraŋkeke si míele kpɔm na, yayraŋkeke si dzi woaɖe míaƒe Mawu kple Ɖela Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe afia le.

elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kple ɖokuidziɖuɖu ƒe gbɔgbɔ wòna mi.

Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe dɔmenyonyo ŋu, ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedze ŋu, vevidodo nu nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe vevidodo nu ŋu; dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu.

Governar a si mesmo

Melhor é o que domina o seu espírito do que o que toma uma cidade. A cidade sem muros é o homem sem domínio próprio.

Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ,

ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si du.

Ame si meɖua eɖokui dzi o la

le abe du si ŋu wogbã gli le la ene.

Bometsila ɖea eƒe dziku katã fiana,

ke nunyala ɖua eɖokui dzi.

Afi si nya geɖe le la, nu ̃ megbea afi ma nɔnɔ o,

ke ame si eƒe aɖe la, nunyalae.

Ʋiʋli sesĩe na dziɖuɖufetu la xɔxɔ

Ɖe mienyae be ne wole duɖime kem le dusiƒe la, dusilawo katãe kea duɖime, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la oa? Misi du la ale be miaxɔ dziɖuɖufetua. Ame sia ame si di be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe me la toa hehexɔxɔ sesẽwo me. Wowɔa esia be woaxɔ dziɖuɖukuku si gblẽna; ke míawo la, míekea duɖime be míaxɔ dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ. Eya ta nyemele duɖime kem taɖodzinu manɔsitɔe o, eye nyemele dam abe ŋutsu si le dam ɖe yame la ene o, ke boŋ meƒoa nye ŋutilã hewɔnɛ nye kluvie ale be nyemabu dziɖuɖufiakuku la o, le esime wònye nyee gblɔ agbenya la na amewo hafi.

Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu.

Miɖo ŋku edzi be susu ̃ɖi siwo vaa miaƒe ta me edziedzi la, vaa ame sia ame ƒe ta me nenema ke, menye miawoe nye ame gbãtɔ siwo le nu siawo me tom o. Minya be ame geɖewo to eme va yi. Minyae be tetekpɔ aɖeke mesesẽ wu amegbetɔ ƒe tsɔtsɔ o. Miate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu be ana ŋusẽ mi be miaɖu tetekpɔ dzi, elabena eya ŋutɔ do ŋugbe na mi, eye Mawu ya megbea eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o. Afia afɔɖoƒe mi be miate ŋu ato ɖe sia ɖe me le dzigbɔɖi blibo me.

Disciplina e vigilância

Sede sóbrios e vigilantes. O diabo anda em derredor como leão rugidor. A sobriedade nos protege e fortalece.

Miɖu mia ɖokuiwo dzi, eye minɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene. Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexea me godoo la le fukpekpe mawo ke me tom.

Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo , eya ta minɔ mo xexi, eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa.

Agbenɔnɔ na Mawu

Eya ta esi Kristo kpe fu le eƒe ŋutilã me ta la, miawo mitsɔ nɔnɔme ma ke bla miaƒe aliwo dzii, elabena ame si kpe fu le eƒe ŋutilã me la, klã ɖa tso nu ̃ gbɔ, Le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me le anyigba dzi la, menɔ agbe le ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu. Tsã la, miegblẽ ɣeyiɣi geɖe le nu siwo trɔ̃subɔlawo wɔna la me, esiwo nye ahiãwɔwɔ, nudzodzro ̃wo, ahatsunono, nuɖuɖu vivivo, aglotutu ̃wo kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ. Ewɔ moya na wo be miedo ɖi ɖe ŋunyɔnu ƒe tɔɖɔɖɔ sia me kpli wo o, eya ta woli dzu ɖe mia dzi gleglegle. Ke la, ele na wo be woana akɔnta ame si le klalo be yeadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo.

eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ ale si wòaɖu eƒe ŋutilã dzi, eye wòanɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me, ke menye kple fieŋuifieŋui ƒe dzodzro ̃wo, abe ale si trɔ̃subɔla siwo menya Mawu kple eƒe mɔwo o la wɔnɛ ene o.

O senhorio de Cristo

Todo domínio pertence a Cristo. Ele é Senhor dos senhores e Rei dos reis — e nos capacita a viver em santidade.

Mikafu Yehowa,

mi eƒe dɔwɔwɔwo katã,

le afi sia afi, le eƒe dziɖuɖu te.

O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa.

fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ,

eye fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me.

Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me,

eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ.

"Le nye ŋutega me le me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o.

Enye dzidzɔ nam be maɖi ɖase na mi tso dzesi wɔnuku kple nukunu siwo Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la nam la ŋuti.

Eƒe dzesiwo lolo ŋutɔ,

eye eƒe nukunuwo tri akɔ ŋutɔŋutɔ.

Eƒe Fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe mavɔ

eye eƒe dziɖuɖu li tso dzidzime yi dzidzime.

elabena wodzi vi na , wona ŋutsuvi .

Dziɖuɖu le eƒe abɔta,

eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be,

"Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ,

Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia."

Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o.

Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi

kple eƒe fiaɖuƒe la me,

ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee

tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me.

Nu sia ava eme, elabena Yehowa,

Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la

ƒe didi vevie awɔe ade goe.

Elabena eyae ɖe tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee; eyae mi ablɔɖeviwo, eye wòtsɔ míaƒe nu ̃wo katã ke .

Ŋusẽ triakɔ siae Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. Teƒe si wu dziɖulawo kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe , kpakple ŋkɔ si wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe si gbɔna la me.

Ke míawo la, dziƒoe nye mía de, eye míele kpɔm na Ɖela si nye Aƒetɔ Yesu Kristo be agatso afi ma ava, ame si, to ŋusẽ si na wòtsɔ nu sia nu de eƒe ŋusẽ te me la, aɖɔli míaƒe ŋutilã siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ le la be woanɔ abe eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã ene.

Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o.

Eya ta ame siwo gale agbe le ŋutilã nu la mate ŋu adze Mawu ŋu o.

Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo o.

Elabena ale si amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe amewo katã le Kristo me. Ame sia ame atsi tsitre le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi: Kristo tsi tsitre gbã eye ne Kristo gatrɔ va la, eƒe amewo katã agagbɔ agbe.

Le ema megbe la, Kristo aɖu futɔ ɖe sia ɖe kple fiaɖuƒe kpakple ŋusẽ ƒomevi ɖe sia ɖe dzi. Nuwuwu la ava eye wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, Fofo la. Eya ta Kristo aɖu fia va se ɖe esime wòaɖu eƒe futɔwo katã dzi,

"Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu ,

eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.

Seja o primeiro