Pular para o conteúdo
Publicidade

Jó 25

Bildad ƒe nuƒo

1 Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu be,

2 "Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu ,

eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.

3 Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa?

Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o?

4 Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume?

Aleke amegbetɔ, nyɔnu dzidzia, anɔ dzadzɛe?

5 Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke o

eye ɣletiviwo medza le eŋkume o la,

6 aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi

kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!"

Veja também