Frutos do Espírito
Os frutos do Espírito são evidências visíveis da presença de Deus na vida do crente. Amor, alegria, paz, paciência — são marcas que diferenciam os filhos de Deus no mundo.
O fruto do Espírito
O fruto do Espírito é amor, alegria, paz, paciência, amabilidade, bondade, fidelidade, mansidão e domínio próprio. Contra estas coisas não há lei.
Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o.
Tsã la, mienye viviti, gake azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me. Minɔ agbe abe kekeli ƒe viwo ene. (Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe), eye midi nu siwo dzea Aƒetɔ la ŋu.
Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe. Ŋutifafame siwo ƒãa ŋutifafa la, xaa dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse.
Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, be miazu ame bubu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, be míatse ku na Mawu. Elabena esi míenɔ ŋutilã me tsã la, nu vɔ̃ ƒe nudzodzro siwo dzɔ tso se la me la nɔa dɔ wɔm le mía me, be míatse ku na ku. Ke azɔ esi míeku na se si ƒe kpɔkplɔ te míenɔ kpɔ la, míevo tso se la me, be míasubɔ le Gbɔgbɔ la ƒe mɔ yeye nu, ke menye le se la ƒe mɔ xoxo nu o.
Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me! Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ.
Permanecer em Cristo
Quem permanece em Cristo dá muito fruto. Toda árvore boa produz bons frutos — e é pelo fruto que se conhece a árvore.
Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo hã, nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.
"Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o.
Esia hea ŋutikɔkɔe vɛ na Fofonye, nenye be mietse ku geɖe, eye miefia mia ɖokuiwo abe nye nusrɔ̃lawo ene.
"Ati nyui aɖeke mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o. Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa wainkpo le ŋuve me. Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia fiana.
Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzi me vavã.
Semear e colher
Quem semeia na justiça colherá fruto de vida. Os frutos do Espírito são a colheita de uma vida plantada no Senhor.
Miƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku, ekema miaŋe nye lɔlɔ̃;
miŋlɔ miaƒe dzi sesẽ la abe agble ene,
elabena azɔe nye Yehowa diɣi,
be wòava akɔ dzɔdzɔenyenye ɖe mia dzi.
Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo,
elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.
Gake menye eya ɖeɖe koe o, ke boŋ mí ame siwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokuiwo me hele vinyenye si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la lalam.
Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ,
eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa.